Luke 7:18-35

Yohanes Mawutsidetanamela dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ

(Mateo 11:2-19)

18Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. 19Ale Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?”

20Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mi ɖo ɖe gbɔwò be miabia wo be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’”

21Le gaƒoƒo ma tutu dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kpakple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. 22Eya ta eɖo ŋu na amedɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes bena, Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. 23Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Ame siwo xɔ dzinye se la, woayra wo.’”

24Le amedɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Ame kae nye ame si mieyi ɖakpɔ le Yuda gbegbe? Ɖe miekpɔe abe ame aɖe si yaƒoƒo vitɔ kekeake hã ʋuʋuna sesĩe. 25Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoe? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔ wo lena. 26Ekema ame ka ƒomevi tutue mieyi be yewoakpɔ? Nyagblɔɖilaa? Vavã miekpɔe! Le nyateƒe me la, ame si miekpɔ la wu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 27Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, ‘Mikpɔ ɖa! Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò, ata mɔ le ŋgɔwò.’ 28Ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes le amegbetɔwo dome o, gake ame si nye sue tɔ wu le mawufiaɖuƒea me la de ŋgɔ wui.”

29Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye ame baɖawo kekeake la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. 30Farisitɔwo kple agbalẽfialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.

31Azɔ Yesu bia wo be, “ale ke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? 32Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asime nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, ‘Míeku dzidzɔha na mi ke mieɖu ɣe o eye míedzi konyifahawo na mi ke miefa avi hã o.’ 33Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Ame sia dze aɖaʋa.’ 34Amegbetɔvi la va eɖua nu eye wonoa nu, ke miegblɔ bena, ‘Ame sia la nutsuɖula kple ahatsunolae eye wonye nudzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.’ 35Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.”

Copyright information for EweBEE